Romans 2

Mawu adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe

1Mianɔ biabia be, “Ame vɔ̃ɖi kawo ŋue mele nu ƒom le?” Milala vie. Miawo hã miele abe woawo ke ene. Ne miele gbɔgblɔm be wonye ame vɔ̃ɖiwo eye ele be woahe to na wo la, miele nya siawo ke gblɔm tso miawo ŋutɔ hã ŋu, elabena miewɔe nu vɔ̃ɖi siawo ke. 2Mienya be Mawu ahe to na ame sia ame si wɔa nu siawo tɔgbi le eƒe dzɔdzɔenyenye ta. 3Ɖe miele bubum bena Mawu adrɔ̃ ʋɔnu abu fɔ ame aɖewo le nu siawo wɔwɔ ta ke wòagbe ʋɔnudɔdrɔ̃ miawo ne miewɔ nu mawo kea? 4Ɖe mienya ale si gbegbe wògbɔa dzi ɖi na mi oa? Alo ɖe mietsɔ ɖeke le eme oa? Ɖe miekpɔe be egbɔ dzi ɖi ɣeyiɣi siawo katã eye mehe to na mi o ale be yeana ɣeyiɣi mi miatrɔ dzime oa? Eƒe dɔmenyo ƒe taɖodzinue nye wòana miatrɔ dzime.

5Gake, gbeɖe, miegbe toɖoɖo. Ale miele tohehe sesẽ dzram ɖo na mia ɖokuiwo le miaƒe gbegbe be yewomaɖe asi le yewoƒe nu vɔ̃wo ŋu o ta; elabena ŋkeke aɖe gbɔna, gbe si gbe Mawu anye Ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe na xexeame katã. 6Atsɔ nu sia nu si dze na ame sia ame le eƒe dɔwɔwɔ ta la anɛ. 7Ana agbe mavɔ ame sia ame si wɔa eƒe lɔlɔ̃nu, eye wòdia ŋutikɔkɔe kple bubu kpakple agbe mavɔ si Mawu nana. 8Ke ahe to na ame siwo tsia tsitre ɖe eƒe nyateƒe la ŋu eye wowɔa nu vɔ̃. Mawu atrɔ eƒe dɔmedzoe akɔ ɖe wo dzi. 9Konyifafa kple fukpekpe anɔ anyi na Yudatɔ kple Trɔ̃subɔla siwo nɔa nu vɔ̃ wɔwɔ dzi la siaa sɔsɔe. 10Ke ŋutikɔkɔe kple bubu kpakple ŋutifafa atso Mawu gbɔ na ame sia ame si ɖoa toe, ne wonye Yudatɔwo loo alo Trɔ̃subɔlawo, 11elabena Mawu meɖea ame aɖeke le eme o.

12Eya ta woahe to na ame siwo katã si se mele o la abe se manɔsitɔwo ene ne wowɔ nu vɔ̃, eye woadrɔ̃ ʋɔnu ame siwo le se la te abe setenɔlawo ene. 13Elabena menye ame siwo sea se la, woe nye ame dzɔdzɔewo le Mawu ƒe ŋkume o, ke boŋ ame siwo wɔa sea dzi lae woatso afia na abe ame dzɔdzɔewo ene. 14Le nyateƒe me, ne Trɔ̃subɔla siwo si se mele o, gake wowɔ nu ɖe dzɔdzɔme ƒe ɖoɖo nu eye wòsɔ kple se la la, ekema wozu se na wo ɖokuiwo, 15elabena wofia be woŋlɔ se la ƒe nyawo ɖe woƒe dziwo me, woƒe dzitsinya hã ɖia ɖase eye woƒe tamesusu hã tsoa wo nu ɣeaɖewoɣi eye wòɖea wo nu ɣebubuɣi. 16Gbe ɖeka aɖe gbɔna kokoko, gbe si gbe le Mawu ƒe gbeɖeɖe nu la, Yesu Kristo adrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame le nu siwo wòwɔ le adza me la ta eye wòadrɔ̃ ʋɔnu wo le woƒe susu ɣaɣlawo kple taɖodzinuwo ta. Nu siawo katã nye Mawu ƒe ɖoɖo triakɔ si mele gbeƒã ɖem la ƒe akpa aɖe.

Yudatɔwo kple se la

17Mi Yudatɔwo miebu be yewo kple Mawu dome li nyuie elabena Mawu tsɔ eƒe sewo na mi. Mieƒoa adegbe be yewoe nye Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔ veviwo. 18Ẽ, mienya nu si dim wòle. Mienya nyui tso vɔ̃ gbɔ eye mieda asi ɖe nyui dzi, elabena wofia eƒe sewo mi tso keke miaƒe ɖevime ke. 19Mienya Mawu gbɔ mɔ nyuie ale gbegbe be miate ŋu afia asii na ŋkuagbãtɔ gɔ̃ hã. Miebua mia ɖokuiwo abe mɔfiakaɖiwo ene hena mɔfiafia ame siwo bu ɖe viviti me la be woaɖo ta Mawu gbɔ. 20Miebuna be yewoate ŋu afia mɔ numanyalawo eye yewoafia mawunya ɖeviwo gɔ̃ hã elabena mienya eƒe seawo nyuie eye nunya kple nyateƒe yɔ seawo me fũ.

21Ẽ, miefiaa nu ame bubuwo, ekema nu ka ta miafia nu miawo ŋutɔ mia ɖokuiwo o? Miegblɔna na amewo be womegafi fĩ o; ɖe miawo miefia fia? 22Miegblɔna be ahasiwɔwɔ nye nu vɔ̃; ɖe miawo ŋutɔ miewɔnɛa? Miegblɔna be “Migasubɔ legbawo o,” ke mietsɔ ga wòzu miaƒe mawu.

23Miedana ɖe Mawu ƒe seawo nyanya dzi ŋutɔ ke miedoa vlo Mawu to seawo dzi dada me. 24Nu sia tae Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be xexeame ɖua fewu le Mawu ŋu le mia ta.

25Asixɔxɔ aɖe le Yudatɔnyenye ŋu ne miewɔ Mawu ƒe seawo dzi. Ke ne miewɔ seawo dzi o la, ekema mienyo wu trɔ̃subɔlawo le go aɖeke me o. 26Eye ne Trɔ̃subɔlawo wɔa Mawu ƒe sewo dzi la, ɖe Mawu matsɔ nu nyui kple bubu siwo wòɖo ɖi na Yudatɔwo la ana Trɔ̃subɔlawo o mahã? 27Trɔ̃subɔla mawo tɔ me anyo sãa wu mi Yudatɔwo tɔ, evɔ mi Yudatɔwo mienya nu geɖewo tso Mawu ŋu eye eƒe ŋugbedodowo hã le mia si ke miewɔa eƒe sewo dzi o.

28Elabena mienye Yudatɔ akuakuawo le mia dzilawo ƒe Yudatɔwo nyenye ɖeɖe ko ta loo alo le aʋatsotso si nye Yudatɔwo ƒe kɔnyinyi ɖeɖe ko ta o. 29Yudatɔ akuakuae nye ame sia ame si ƒe dzi le nyuie ɖe Mawu ŋu. Elabena Mawu mele ame siwo lãa woƒe ŋutilã le aʋatsotso le ŋutilã me la dim o, ke ame siwo trɔ woƒe dziwo kple susuwo la dim wòle. Ame sia ame si ƒe agbenɔnɔ me tɔtrɔ ma tɔgbi le la, axɔ eƒe kafukafu tso Mawu gbɔ, ne mexɔe tso miawo gbɔ o gɔ̃ hã.

Copyright information for EweBEE